Hebrews 7

Osɔƒogã Melkizedek

1Melkizedek sia enye Salem fia kple Osɔfogã na Mawu, dziƒoʋĩtɔ la. Esi Abraham trɔ tso aʋagbedzi, afi si wòɖu fia geɖewo dzi le, gbɔna la, Melkizedek va kpee eye wòyrae. 2Le esia megbe la, Abraham ma nu siwo katã wotsɔ tso aʋagbedzi gbɔe la ɖe akpa ewo me eye wòtsɔ akpa ɖeka na Melkizedek. Melkizedek ƒe ŋkɔa gɔmee nye “Dzɔdzɔenyenye, ƒe fia”. Eye eya kee nye Ŋutifafa Fia, elabena du si me wònye fia lee nye Salem si gɔmee nye “Ŋutifafa.” 3Fofo kple dada mele Melkizedek si o, eye nuŋlɔɖi aɖeke meli tso tɔgbuiawo ŋuti o. Dzigbe alo kugbe meli nɛ o ale eƒe agbe ɖe ko wòle abe Mawu Vi la tɔ ene, ame si nye Osɔfo tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.

4Mibu ale si wònye gãe la ŋuti kpɔ. Abraham, xɔsetɔwo fofo, gɔ̃ hã tsɔ eƒe afunyinuwo ƒe ewolia nɛ! 5Azɔ la, se la bia tso Levi viwo ame siwo nye Osɔfowo la si be woaxɔ nu ewolia le woƒe dukɔmeviwo si, ame siwo nye wo nɔviwo, togbɔ be wo nɔviawo nye Abraham ƒe dzidzimeviwo hã. 6Ke ŋutsu sia, Melkizedek, menye Levi ƒe dzidzimevi o, ke hã la, exɔ nu ewolia le Abraham si eye wòyra eya ame si xɔ Mawu ƒe ŋugbedodoawo 7abe ale si ame sia ame nya ene la, zi geɖe la ame si naa yayra la kɔna wua ame si yram wòle. 8Ame siwo nye Osɔfowo esi woxɔ nu ewolia la nye amegbetɔwo, ŋutilã kple ʋu, si kuna. Ke hena Melkizedek ya la, wogblɔ le eŋuti be egale agbe. 9Míate ŋu agblɔ le Levi, ame si xɔ nu ewolia ŋuti gɔ̃ hã be exe nu ewolia to Abraham dzi, 10elabena esi Melkizedek do go Abraham la, Levi nɔ tɔgbuia, Abraham, ƒe alime.

Yesu le abe Melkizedek ene

11Elabena to Levi viwo ƒe Osɔfodɔwɔwɔ dzi, wona Se la Israelviwo. Azɔ la, nenye be Leviviwo ƒe Osɔfodɔwɔwɔ ɖe wòde blibo la, magahiã be woatsɔ Osɔfo bubu vɛ o, ame si nye Osɔfo le Melkizedek ƒe ɖoɖo nu, ke menye le Arɔn ƒe ɖoɖo nu o. 12Elabena ne tɔtrɔ va Osɔfoɖuɖu ŋuti la, ele be tɔtrɔ nava Se la hã me. 13Eya ame si ŋu wogblɔ nu siawo katã le la tso to bubu me eye ame aɖeke metso to ma me kpɔ subɔ abe Osɔfo ene le vɔsamlekpui la ŋgɔ o, 14elabena eme kɔ ƒãa be míaƒe Aƒetɔ la dzɔ tso Yuda ƒe to la me, eye ku ɖe to ma ŋuti la, Mose megblɔ nya aɖeke ku ɖe woƒe Osɔfoɖuɖu ŋuti o. 15Eye nu si míegblɔ la, me agakɔ ɖe edzi wu ne Osɔfo bubu abe Melkizedek ene va ɖo, 16ame si va zu Osɔfo, menye to ɖoɖo si wowɔ ɖa ɖi, ku ɖe eƒe dzɔtsoƒe ŋuti o, ke boŋ ku ɖe ŋusẽ si le agbe si mekuna o la dzi. 17Psalmoŋlɔla ɖe nu sia fia mi kɔtɛ esi wògblɔ tso Kristo ŋuti bena,

“Wòe nye Osɔfo le Melkizedek ƒe ɖoƒe nu tso mavɔ me yi mavɔ me.”
18Wotsɔ ɖoɖo gbãtɔ si wowɔ la da ɖe aga elabena egbɔdzɔ eye menyo na naneke o, 19elabena Mose ƒe Se la mate ŋu awɔ naneke wòade blibo o, eye azɔ la, wohe mɔkpɔkpɔ yeye vɛ to esi dzi míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu kpokploe.

20Mawu ƒe atamkaka kpe ɖe esiawo katã ŋu, ke ame bubuwo ya ɖua Osɔfo atamkakamanɔmee, 21ke Yesu ya ɖu Osɔfo to Mawu ƒe atamkaka me, elabena Mawu gblɔ nɛ bena,

“Aƒetɔ la ka atam eye matrɔ eƒe susu o, ‘Wò la, Osɔfoe nènye tegbetegbe.’”
22Le atamkaka sia ta la, Yesu va zu nubabla si nyo wu sãa la ƒe kpeɖodzinu.

23Vovototo bubu si le Osɔfo mawo kple Yesu domee nye be Osɔfo mawo sɔ gbɔ elabena woku eye womagate ŋu ayi woƒe dɔ dzi o 24gake Yesu ya le agbe tegbetegbe. Seɖoƒe meli na eya ƒe Osɔfodɔ o. 25Eya ta ŋusẽ le esi be wòaɖe ame siwo va Mawu gbɔ to eya amea dzi la blibo, elabena ele agbe tegbee le nya xɔm ɖe akɔ na wo.

26Ekema Yesue nye Osɔfogã ma si kpɔa míaƒe hiahiãwo gbɔ, ame si le kɔkɔe, kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o, ame si le dzadzɛ, ame si woɖe ɖe aga tso nu vɔ̃ wɔlawo gbɔ eye wokɔe ɖe dzi gbɔ dziƒowo ŋui. 27Mele abe Osɔfogã bubuwo ene o elabena mehiã be wòasa vɔ gbe sia gbe, gbã ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ta, eye evelia, ɖe ame bubuwo tɔ ta o. Esa vɔ ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiawo katã, esi wòtsɔ eɖokui hena. 28Elabena Mose ƒe Se la tɔ asi ame siwo nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo la dzi be woanye Osɔfogãwo, ke Mawu ƒe atamkaka si va ɖe Sea yome la tɔ asi Via dzi, ame si wòwɔ wòde blibo tegbetegbe.

Copyright information for EweBEE